Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 bene madze si eyama kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ kple eƒe fukpekpewo ƒe hadede, eye masɔ kplii le eƒe ku me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme.

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 3:10
34 Referans Kwoze  

Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.


Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.


Azɔ ne wofɔ mia kple Kristo ɖe tsitre la, ekema midi nusiwo le dziƒo, afisi Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe nuɖusi me.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


elabena alesi Kristo ƒe fukpekpewo so gbɔ ŋutɔ va mía dzi la, nenema ke miekpɔa akɔfafa hã sɔ gbɔ ŋutɔ to Kristo dzi.


Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me,


Wònye gbɔdzɔgbɔdzɔ me wòtso woklãe ɖe atitsoga ŋu hafi, gake la Mawu ƒe ŋusẽ me wòtso wòle agbe. Elabena míawo hã míegbɔdzɔ le eyama me; gake mía kplii míanɔ agbe le Mawu ƒe ŋusẽ me le mia gome.


Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me.


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Eye mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii hã, esi wotsɔ dzidadawo katã ke mi,


halase esime mí katã miade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ,


amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.


Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ.


Egblɔ na wo bena: Ele me bena, miano nye kplu la, eye mawutsi, si woade ta nam la, woadee ta na miawo hã; ke anyinɔnɔ ɖe nye nuɖusi me kple mia me la, eya menye tonye be, mana o, negbe amesiwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la ko.


ke boŋ amesi ke be, yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ŋutiwò la wowua mí ʋuu le ŋkeke bliboa katã me, wobua mí abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.“


Tso esia dzi la amea ɖeke megaɖe tu nam o; elabena nye la Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu.


Ke mebui nusi dzɔ be, ŋkeke alesi mele agbadɔ sia me la, matsɔ ŋkuɖoɖonudzi na mi anɔ mia nyɔmi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite