Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 1:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ame kemeawo gblɔa Kristo fiana tso dzrewɔwɔ me, menye tso dzadzɛnyenye me o; elabena wosusuna be, yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye bablawo ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o, ke boŋ be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye gaxɔmenɔnɔ ŋu.

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 1:17
16 Referans Kwoze  

migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Le ɖokuinye nuɖeɖe gbãtɔ me la amea ɖeke mede dzinye o, ke boŋ wo katã wogblẽm ɖi. Womagabu esia na wo o.


nusia ŋuti woɖom ɖi menye gbeƒãɖela kple apostolo — nyateƒe gblɔm mele, nyemele aʋatso kam o — kple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala le xɔse kpakple nyateƒe me.


Eye esi wòɖe eɖokui nu alea la, Festo gblɔ kple gbe sesẽ bena: Ele tsu kum, Paulo, agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukuno!


Eye Agripa gblɔ na Paulo bena: Woɖe mɔ na wò be, naƒo nu le ɖokuiwò ŋuti. Tete Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu bena:


Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to alesi mele ɖokuinye nu ɖe ge azɔ la na mi.


Azɔ la miɖo le miaƒe dzi me be, miagasusu gbã alesi miaɖe mia ɖokui nu o;


ke amesiwo lɔ̃a dzrehehe, eye womeɖoa to nyateƒe la o, hafi woɖoa to madzɔmadzɔnyenye boŋ la, wo tɔ anye dziku kple dɔmedzoe:


Ekema nukae ma? Ne wowɔe le mo sia mɔ dzi, eɖanye le alakpa alo nyateƒe me o, nenye Kristo koe wogblɔna fiana la, dzi le dzɔyem le esia ŋuti. Ẽ, dzi agadzɔm hã;


nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite