Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Amesiawo gblɔnɛ tso lɔlɔ̃ me; elabena wonyae be, nyanyuie la taʋiʋli ŋuti mele afisia ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonya be mele ga me le afi sia le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 1:16
13 Referans Kwoze  

Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.


Ke mele didim bena, mianyae, nɔviwo, bena nusiwo va dzo ɖe dzinye la, tra zu nyanyuie la ƒe dziyiyi nyui la boŋ,


bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Woƒe agbletawo nezu aƒedo, eye amea ɖeke meganɔ woƒe agbadɔwo me o!


Ne dzi ɖe le amea ɖe ƒo la, ele be, xɔlɔ̃wo nafa tu nɛ, nenye be, edzudzɔ ŋusẽkatãtɔ la vɔvɔ hã.


Nye hã mate ŋu aƒo nu abe miawo ene; ɖe wònye miawoe xa ɖe tenyeƒe la, anye ne matrɔ nyawo aƒo ɖe anyi ɖe mia ŋu, eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu;


Elabena ne mewɔ esia kple lɔlɔ̃nu la, fetu te eme nam; ke ne nyemewɔe kple lɔlɔ̃nu o la, wotsɔ xɔnuvidɔ de asi nam.


le miaƒe hadede, si le nyanyuie la me tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe fifi la ŋuti,


Ke mienya eƒe kelili bena, abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.


Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.


Ke, mi Filipitɔwo hã, mienyae bena, le nyanyuie la ƒe gɔmedzedzea me, esi medzo le Makedonia la, hamea ɖeke mekpe de ŋunye le nunana kple nuxɔxɔ ƒe akɔnta gome o, negbe miawo ɖeɖekoe,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite