Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Teman, dzi aɖe le wò kalẽtɔwo ƒo, ne woatsɔ amewuwu atsrɔ̃ amesiame ɖa le Esau ƒe towo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeake le Teman hã azu vɔvɔ̃nɔtɔ eye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la, atsi yi nu.

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:9
19 Referans Kwoze  

Eyata mada dzo ɖe Teman, ne wòafiã Bozra ƒe fiasãwo.


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi, mana woazu gbegbe, eye woatsi yi nu, tso Teman vaseɖe Deɖan.


Kpɔ ɖa, egbɔna abe hɔ̃ ene, eye wòadze akeke eƒe aʋala ɖe Bozra dzi, eye Edom-kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


Elifaz viŋutsuwo nye Teman, Omar, Zefo, Gaetam kple Kenas.


Eyata mise Yehowa ƒe adaŋu, si wòde ɖe Edom ŋu kple eƒe tame, si wòɖo ɖe Temantɔwo ŋu la: Vavã woakplɔ lã kudɔewo adzoe, eye woƒe lãnyiƒe ƒe nu aku ɖe wo ŋu.


Ɖe Edom ŋu: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɖe nunyaa ɖeke megale Teman o, adaŋudede bu ɖe nunyalawo, eye wotrɔ nunya ƒo ɖe anyia?


Esi Hiob ƒe xɔlɔ̃ etɔ̃awo se dzɔgbevɔe, siwo katã dzɔ ɖe edzi la, wo dome amesiame tso wo de: Elifaz tso Teman, Bildad tso Suax, eye Zofar tso Naama; woɖo gbe ɖi kple wo nɔewo be, yewoayi aɖafa nɛ, eye yewoafa akɔ nɛ.


Xɔnametɔwo ava Zionto la dzi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu Esau ƒe towo, eye fiaɖuƒe la anye Yehowa to.


eye amesi nye dzideƒotɔ te kalẽtɔwo dome la, asi amama gbemagbe; Yehowa ye gblɔe!


Esi Yobab ku la, Xusam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi zu fia ɖe eteƒe


Kpɔ ɖa, wò amewo le abe nyɔnuwo ene le dowòme; wò anyigba ƒe agbowo aʋu wo ɖokul na wò futɔwo siaa, eye dzo afiã wò gametiwo.


ne miagawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyemele woƒe anyigba ƒe afɔ ɖeka hã na ge mi o, elabena ɖe metsɔ Seir-to la na Esau, be wòanye etɔ.


Nenye fiawo kple adzodalawoe ƒo ɖe dziwò le zã la, ɖe womafi nu alesi ko asu wo nu oa? Ke aleke wòa nèhetsrɔ̃e! Nenye weinxalawoe ƒo ɖe dziwò la, ɖe womakpɔtɔ ɖe ɖi oa?


Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite