Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe kɔkɔƒewo, wò amesi le gbɔgblɔm le wò dzi me be: Ameka atutum aƒu anyi?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wò dzi ble wò, eye nèdana elabena èle agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:3
21 Referans Kwoze  

Ŋɔdzi lé wò; wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe towo ƒe tsutsuẽƒe! Ne èwɔ atɔ ɖe kɔkɔƒe abe hɔ̃ ene hã la, matutu wò aƒu anyi tso afima, Yehowa ye gblɔe!


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


Míese Moab ƒe dàda, alesi wòle asi tɔm akɔe vevie, eƒe dàda, eƒe dziku kple eƒe nu kpoloe ƒoƒo ɖe ya me.


Ewu Edomtɔwo dome ame akpe ewo le dzeʋe la me, eye wòxɔ Sela le aʋa la me hetso ŋkɔ nɛ bena Yokteel vaseɖe egbe.


Ne Edom gblɔ be; Wogbã mí, ke míagatso aƒeɖoawo, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne wotsoe hã la, magbãe aƒu anye eye woayɔ wo be, „nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba“ kple „dukɔ, si ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa“.


Wò nyɔnuvi dzeaglã, si le dzi ɖom ɖe wò kesinɔnuwo ŋu, nukaŋuti nètso wò balime le adegbe ƒomee be, balime wɔnu wònye hele gbɔgblɔm be: Amekae ava gbɔnye?


Hafi ame nadze anyi la, eƒe dzi dana gbã; ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.


Yuda-viwo lé ame akpe ewo agbagbe, eye wokplɔ wo yi agakpe la ta me, eye wotutu wo tso agakpea ta me, eye wo katã gbã yaʋayaʋa.


Ke Amazya lé dzi ɖe ƒo he kplɔ eƒe aʋakɔ la; woho va dzeƒe la me, eye wowu Seir-viwo ame akpe ewo.


Ne eƒe gãnyenye de dziƒo, eye eƒe ta ɖatɔ alilikpo la,


Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò balime nɔla, wò gbadzaƒe ƒe agakpe, mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Ameka aɖi abu ɖe mía dzi, eye ameka ava mia nɔƒe?


Yehowa be: Migano mia ɖokui ɖum anɔ gbɔgblɔm be: Kaldeatɔwo adzo le mía ŋu kokoko o; elabena womelé tutu ge adzo o.


Mi Moabitɔwo, migblẽ miaƒe duwo ɖi, ne miaɖanɔ agatowo me, minɔ abe akpakpa, si wɔ atɔ ɖe agakpewo toga ene.


Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.


Le wò asitsatsa gbogboawo ta nètso nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ ɖokuiwò mee, eye nezu nuvɔ̃wɔla; eyata menya wò ɖa le Mawu ƒe to kokoe la dzi, eye metsrɔ̃ wò le dzokpeawo dome, wò Kerubi, si keke aʋala me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite