Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke megafɔ ŋku ɖe nɔviwò dzi le eƒe ŋkeke la dzi, le eƒe dzogbevɔ̃egbe o, megakpɔ dzidzɔ ɖe Yuda-viwo ŋu le woƒe tsotsrɔ̃gbe o, eye megake wò nu baa le xaxagbe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la, mele be wòazu ŋunyɔnu na wò o alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:12
27 Referans Kwoze  

Ekema ɖukɔ geɖewo aƒo takpli ɖe ŋuwò agblɔ bena: „Wogblẽ kɔ ɖo nɛ, eye míaƒe ŋkuwo aɖl ƒo ɖe Zion ŋu!“


Alesi nekpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe anyigba ŋu be, ezu gbegbe la, nenema ke mawo wòe; Seir-to kple Edom blibo la azu gbegbe, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Amesi ɖea alɔme le ahetɔ ŋu la, edoa vlo ewɔla; amesi kpoa dzidzɔ le dzɔgbevɔ̃e ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.


Miganɔ adegbe ƒom atraɖii o, eye nya vlo meganɔ dodom le mia nu o! Elabena nunyawo ƒe Mawu enye Yehowa, amesi ɖaa nuwɔwɔwo kpɔ na.


Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ.


Amesiawo nye liʋiliʋililawo, amesiwo ŋu naneke medzena o, evɔ wozɔna le woƒe nudzodzrowo nu hafi, woƒe nu gblɔa dadalawo, eye wokafua ame le eƒe ŋku me le viɖe ta.


Aƒetɔ la le ekom, elabena ekpɔ be, eƒe ŋkeke li gbɔna.


Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe!


Elabena avũwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye woku nye asiwo kple afɔwo.


Ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye ketɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e ŋu, eye meti kpo, esime vɔ dzɔ ɖe edzia?


Eye wotsɔ nu, si gblɔa nya gãwo kple busunyawo la nɛ, eye wotsɔ ŋusẽ nɛ, be wòanɔ dɔ dzi ɣleti blane vɔ eve


Nenema ke aɖe hã nye ŋutinu suea ɖe ko, eye wokana ɖe nu gãwo ŋu. Kpɔ alesi dzo via ɖe tɔa dzo ave gã la ɖa!


Eye esi wòte va, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋuti


Eɖom-nyɔnuvi, wò Uz-nyigba dzi nyɔnu, tso aseye, nakpɔ dzidzɔ; kplu la le vava ge na wò hã, eye namu aha aɖe ama.


Eɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu to wò dɔlawo dzi gblɔ bena. Metsɔ nye tasiaɖam geɖeawo va towo ta me, vaseɖe Libanon ƒe tsutsuẽƒe ke, eye melã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo, eye mede eƒe kɔkɔƒe kekeake kple eƒe abɔ me ti dodowo gbɔ.


Ke ãkɔ nyea nye dzo ɖe dzi abe akpãgba tɔ ene, eye woakɔ ami yeye ɖe dzinye.


Nye ŋusẽ, asiwò nu kpɔm mele, elabena Mawu enye nye sitsoƒe.


Vɔ̃ la agbugbɔ ayi nye ketɔwo dzi; tsrɔ̃ wo ɖa le wò nyateƒe la nu!


Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu aku le eƒe ŋkeke la ŋu, eye ɣedzeƒetɔwo ƒe tame able fu.


Ke esi memu dze enyi la, wokpɔ dzidzɔ, eye woƒo takpli, ame ɖigbɔ, siwo nyemenya o la, kpe ta ɖe ŋunye, eye wole alɔme ɖem numaɖemee.


Wò fulɔwo katã ke nu ɖe ŋuwò baa, wodo tsia heɖu aɖukli gblɔ bena: Míetsrɔ̃e! Ehɛ̃, ŋkeke, si míele mɔ kpɔm na la, enye esia, míaƒe asi su edzi, míekpɔ eteƒe kple ŋku!


Eye nadze sii be, nye Yehowa mese wò ɖiŋudonya, siwo katã negblɔ ɖe Israel ƒe towo ŋu bena: „Wòzu gbegbe, miawoe wotsɔe na, be miaɖu.“


Aƒetɔ Yehowa be: Matsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzobibi aƒo nu kple dukɔwo ƒe susɔea kpakple Edom blibo la, amesiwo tsɔ nye anyigba wɔ wo ɖokui tɔe, woƒe dzi le nu kom nyrenyrenyre, eye wole alɔme ɖem, le esi wotsɔe na wòzu nuhaha la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite