Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Gbemagbe èle eteƒe; esi amedzrowo ɖe aboyo eƒe aʋakɔwo ɖzoe gbemagbe, du bubu me towo ge ɖe eƒe agbowo me, eye wodzidze nu ɖe Yerusalem dzi la, wò hã ènye wo dometɔ ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi. Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene.

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:11
13 Referans Kwoze  

Yehowa, do ŋku Edom-viwo kple Yerusalem ƒe ŋkeke la dzi, amesiwo gblɔ be: Migbãe, migbãe vaseɖe gɔmegɔmea ke!


Ke wonyã eya hã ɖe gbe wòyi aboyo me, eye woxlã viawo ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã, wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzl, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.


Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ.


Ne èkpɔ hafi la, ekema èkplɔe ɖo, eye nèɖea ha kple ahasitɔwo.


Eye Nebuzaradan, fia ŋu asrafowo ƒe amegã, ɖe aboyo dukɔ la ƒe susɔea, si kpɔtɔ ɖe dua me kple amesiwo si yi Babel-fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea.


Wole gbɔgblɔm be: Miva, míatsrɔ wo, ne womaganye dukɔ o, eye ne womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi azɔ o!


Wode adaŋu nu ɖekɛ, ŋuwò wobla nu ɖo:


Esi nèle gbɔgblɔm be, dukɔ eve mawo kple anyigba eve mawo anye ye tɔ, eye yewoe axɔe wòanye yewo tɔ, evɔ wònye Yehowa nɔ afima kpɔ hafi la,


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Gaza ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena woɖe amewo keŋkeŋ, be woakplɔ wo ayi aɖade asi na Edom.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Tiro ƒe nu vɔ̃ɖi, wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo la, nyematsɔe akee o; elabena woɖe aboyo amewo keŋkeŋ ɖade asi na Edom, eye womeɖo ŋu nɔviwo ƒe nubabla la o.


Esia adzɔ ɖe wo dzi le woƒe ɖãɖa ta, elabena woɖe alɔme eye woka ɖe Yehowa Zebaot ƒe ɖukɔ la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite