Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Obadya ƒe ŋutega. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Edom ŋu enye si: Míese nya tso Yehowa gbɔ, eye woɖo du ɖe dukɔwo dome be: Mitso, ne míaho aʋa ɖe wo ŋu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Ŋutega si Obadia kpɔ. 1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi: Míese gbe tso Yehowa gbɔ be, wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be, “Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!”

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:1
28 Referans Kwoze  

Elabena ne eƒe amegãwo va Zoan, eye eƒe ame dɔdɔwo ɖe keke Xanes ke hã,


Nya ɖe Duma ŋu: Woyom tso Seir be. Dzola, zã gbɔ tsɔa? Dzola, zã gbɔ tsoa?


Yehowa, do ŋku Edom-viwo kple Yerusalem ƒe ŋkeke la dzi, amesiwo gblɔ be: Migbãe, migbãe vaseɖe gɔmegɔmea ke!


Ke ne miase aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo la, migaɖi vo o, ele be, esia nava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Eye miasa aʋa kple aʋaŋutiɣliwo; kpɔ ɖa, migaɖi vo o, elabena esiawo ava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Gligbãla aho adze wo ŋgɔ, woagbãe ato agbo nu age ɖe eme, eye woagado, woƒe fia adze wo ŋgɔ, eye Yehowa anɔ wo nu.


Ne nyaa ɖe ɖi le ƒe si me, eye nya bubu ɖi le ƒe keme me, ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ megaɖo mi le nya, si miese le anyigba dzi la la o.


na Edom, Moab kple Amon-viwo;


Tete mexɔ kplu la le Yehowa si, eye mekpee na dukɔ, siwo katã gbɔ Yehowa ɖom ɖo;


Dzola be: Ŋkeke kple zã sia gbɔna ne miehe, yewoabia la, migava ne miabia!


Tete Esau gblɔna Yakob bena: Na nu dzia ɖem maɖu, elabena ɖɔ wum ɖi tsi ɖe ŋunye. Eyata woyɔ eƒe ŋkɔ be Edom.


Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.


Esia enye Esau, Edomtɔ, siwo le Seir-to dzi la, fofo ƒe dzidzimeviwo ŋutinya.


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite