Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 le gbɔgblɔm na mawudɔla adelia, si lé kpẽ la ɖe asi la bena: Tu dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la be, “Ɖe ga mawudɔla ene siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to la.”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 9:14
12 Referans Kwoze  

Eye mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat-tɔsisi gã la dzi, eye eme tsi la mie, bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.


Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.


Eye ne èxlẽ agbalẽ sia vɔ la, ekema bia kpe ɖe eŋu, natsɔe aƒu gbe ɖe Frat me


Eye Dawid si Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi, esi wòva be, yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.


Tɔsisi etɔ̃lia ŋkɔ nye Xidekel; esi to Asur ƒe ɣedzeƒe gome. Eye tɔsisi enelia nye Frat.


Eye mawudɔla adre, siwo lé kpẽ adre ɖe asi la, dzra wo ɖokui ɖo hena kpẽkuku.


Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o.


Eye mekpɔ mawudɔla adre, siwo le tsitre ɖe Mawu ƒe ŋku me la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.


Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:


mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.


Miaƒe anyigba atso gbedzi kple Libanon sia gbɔ vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu, Xititɔwo ƒe anyigba blibo la vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe gome.


Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite