Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 eye nu gbagbe, siwo le atsiaƒu me la, ƒe akpa etɔ̃lia ku, eye nuwo ƒe akpa etɔ̃lia gbã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Nu gbagbe siwo katã le atsiaƒua me la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ku, eye tɔdziʋu siwo katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã tsrɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 8:9
13 Referans Kwoze  

Eye mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu abe ame kukua de ƒe ʋu ene, eye nu gbagbe sia nu gbagbe, si le ƒua me la ku.


Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã.


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


Eye mawudɔla etɔ̃lia ku kpẽ la, eye ɣletivi gãa ɖe, si le bibim abe kakati ene la, ge tso dziƒo, eye wòdze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsi dzidziwo dzi.


ɖe Tarsis-ʋuwo katã kple nukpɔkpɔ veviwo katã ŋu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Woetsrɔ̃ akpa etɔ̃liawo eve le anyigba blibo la dzi, eye woaku, eye akpa efɔ̃llawo ɖeka asusɔ ɖe edzi.


Wodzo nyanyanya le afima, eye ŋɔdzi lé wo abe nyɔnu, si le ku lém ene.


Nya ɖe Tiro ŋu: Mi Tarsis-ʋukulawo, mifa avi, elabena etsrɔ̃, aƒea ɖeke megali o, eye tɔtrɔgbɔ megali o! Wosee le Kititɔwo ƒe anyigba dzi.


Eye lã, siwo katã le Nil me la, ku, eye lɔ la de asi ʋeʋẽ me, ale be Egiptetɔwo megate ŋu no Nil me tsi o. Eye ʋu le Egipte-nyigba dzi afisiafi.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.


Eye wowu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le fuwɔame etɔ̃ siawo me, le dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe, si do go tso woƒe nu me la ŋuti.


Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite