Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 8:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye atike ʋeʋẽe la ƒe dzudzɔ kple ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo tu tso mawudɔla ƒe asi me yi dziƒo le Mawu ƒe ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Dzudzɔʋeʋĩdonu la ƒe dzudzɔ kpe ɖe ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa ŋu ɖo Mawu gbɔ tso mawudɔla la ƒe asi me.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 8:4
7 Referans Kwoze  

Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.


Eye ameha blibo la katã le gbe dom ɖa le gota le numeɣi la.


Eye mawudɔla bubu va, eye wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye sikadzudzɔdosonu le esi, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ, bene wòatsɔe akpe ɖe ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo ŋuti ada ɖe sikavɔsamlekpui, si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi.


Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu.


Tso xe wo vɔsamlekpui, si dzi wòado dzudzɔ ɖo.


sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa;


Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite