Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 8:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃a ɖe, si le dzodzom lé dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gãa ɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinuwo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 8:13
12 Referans Kwoze  

Vɔ̃ evelia nu va yi, kpɔ ɖa, vɔ̃ etɔ̃lia gbɔna kaba.


Vɔ̃ ɖeka nu va yi; kpo ɖa, vɔ̃ eve gale megbe gbɔna.


Eye mekpɔ mawudɔla bubua de le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyuie mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinuwo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ,


Eye wòkekee ɖe ŋkunye me, woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo, eye woŋlɔ konyifahawo, hũɖeɖewo kple vevesesewo ɖe eme.


Eye mekpɔ mawudɔla ɖekaa ɖe le tsitre le ɣe me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽa ɖe le gbɔgblɔm na xevi, siwo katã dzona le dziƒo titina la bena: Miva ƒo mia ɖokui nu ƒu ɖe Mawu ƒe nuɖuɖu gã la gbɔ,


Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpe ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotso aʋli me vudo ƒe safui nɛ.


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe!


Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


Eye mekpɔ mawudɔla adre, siwo le tsitre ɖe Mawu ƒe ŋku me la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.


Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ, elabena ènyae be, vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite