Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 8:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 8:12
26 Referans Kwoze  

Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe avũ kple avũtɔwo mana woƒe kekeli naklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli naɖi o.


Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi.


Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.


Eye wowu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le fuwɔame etɔ̃ siawo me, le dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe, si do go tso woƒe nu me la ŋuti.


Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.


Ke le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o;


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


Eye dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawo dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti;


Eye esi gaƒoƒo adelia ɖo edzi la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Ke tso gaƒoƒo adelia dzi la zãdokeli do de anyigba la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Meɖe ŋku ɖe anyigba, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu; meɖe ŋku ɖe dziƒo, kekelía ɖeke meli o.


Ye latrɔ zu viviti, eye ɣleti latrɔ zu ʋu, hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke la nava ɖo.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le ŋkeke ma me la mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.


Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me.


Eye mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã la ƒe zikpui dzi, eye eƒe fiaduƒe do viviti, eye woɖu ade le fukpekpe la ta,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite