Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 7:9
41 Referans Kwoze  

Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


wotsɔ deʋayawo, eye wodo go yi ekpe ge, eye wodo ɣli bena: Wosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la.


Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!


Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Eye wona lawu ʋlaya ɣi wo dome amesiame, eye wogblɔ na wo bena, woadzudzɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe, yiɖase esime woƒe hadɔlawo kple wo nuvi, siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la, hã ƒe xexlẽme nu nade.


Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Le ɣemaɣi la woayɔ Yerusalem be: „Yehowa ƒe fiazikpui“, eye dukɔwo katã aƒo takpli ɖe afima te Yehowa ƒe ŋkɔ, si le Yerusalem la ta, eye womagazɔ le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ nu o.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; amesiwo biaa Yehowa ta sena la, nekafui! Agbe neɖo miaƒe dzi ŋu tegbee!


Le ŋkeke gbãtɔ dzi miatsɔ atikutsetse nyuitɔwo, eye mialã ɖeʋayawo, ati, siwo ƒe aŋgbawo ɖo, ƒe alɔwo kple amuti ƒe alɔwo, eye miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu ŋku me ŋkeke adre sɔŋ.


Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.


Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe


Eyata tso ame ɖeka, si ƒe vidzidɔ ku la me, dzidzime va dzɔ sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ ene, eye abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ o la ene.


Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.


Eye fia la ɖe se be, woatsɔ ŋutsu, siwo tso Daniel nu, wo viwo kple wo srɔ̃wo aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do la me; ke womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzatawo tso wo xɔ, eye wogbã woƒe ƒuwo katã o.


Eɖo ŋu eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ na Israel ƒe aƒe la Anyigba ƒe mlɔenuwo katã kpɔ mía Mawu, ƒe xɔname.


Nye Nehukadnezar menɔ aƒenye me bɔkɔɔ, eye meɖu agbe le nye fiasã me.


Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo,


Mekɔ gbe dzi na Mawu, eye mele ɣli dom; Mawue mekɔ gbe dzi na, ɖo tom!


Eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne amea ɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wo dzidzimeviwo hã.


Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.


Gama wòŋe aŋutrɔ, akpoxɔnu kple yi, eye wòna aʋawɔwɔ nu tsi le. Sela.


Mala aku aƒo wo nu ƒu, elabena mexɔ wo ƒle, eye woasɔ gbɔ abe tsã ene.


le Zebulon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Yosef ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Benyamin ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu.


Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe,


Emegbe wògadzidze abɔklugui akpe ɖeka, tɔsisi wònye, nyemete ŋu tsoe o, elabena tsi la goglo, ale be ɖeko woate ŋu aƒui, tɔsisi, si womate ŋu atso o la, wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite