Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 le Simeon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu: le Lewi ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Isaxar ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Simeon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Levi ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Isaka ƒe to la me,

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 7:7
14 Referans Kwoze  

Eye viŋutsu wuieve le Yakob si. Lea viŋutsuwo nye Ruben, Yakob ƒe ŋgɔgbevi, eyome Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar kple Zebulon.


Simeon-hawo ƒe ƒome la le ame akpe blave vɔ eve alafa eve.


Eye Yuda gblɔ na nɔvia Simeon bena: Ho kplim, míayi nye anyigba dzi aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo, ekema nye hã makpe ɖe ŋuwò, míayi tɔwo dzi! Tete Simeon yi kplii.


Israel-ŋutsu, si wowu hekpe ɖe Midian-nyɔnua ŋu la ŋkɔ nye Simri, amesi nye amegã Salu, si le Simeon viwo fofo ƒe aƒe nu la, ƒe viŋutsu


Woxlẽ ŋutsu, siwo katã xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa te Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.


Esiawo nye Lewi viwo ƒe ŋkɔwo le woƒe dzidzime nu: Gerson, Kahat kple Merari; eye Lewi tsi xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ adre.


Simeon kple Lewi la, nɔviwoe, wotsɔ woƒe lãnuwo do biae.


Eye Lea gblɔ bena: Mawu xe fe nam, elabena metsɔ nye kosi na srɔ̃nye wòɖe. Eyata wòna ŋkɔe be Isaxar.


Emegbe wògafɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ bena: Azɔ ko srɔ̃nye aku ɖe ŋunye, elabena medzi ŋutsuvi etɔ nɛ. Eyata wòna ŋkɔe be Lewi.


Dzidze enelia dze Isaxar-viwo dzi le woƒe ƒomeawo nu.


Dzidze evelia dze Simeon-viwo ƒe to la dzi le woƒe ƒomeawo nu, eye woxɔ woƒe anyigba ɖe Yuda-viwo ƒe anyigba dzi.


Ede ka eƒe tedzivi de weinka ŋuti, kple eƒe tedzinɔvi ɖe weinka nyui ƒe abɔwo ŋui! Enyã eƒe avɔ le wein me, kple eƒe avu le weintsetse me tsi me.


le Aser ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Naftali ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Manase ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu;


le Zebulon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Yosef ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Benyamin ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite