Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 7:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 le gbɔgblɔm be, “Amen! Kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋusẽ kple ŋutete nanye míaƒe Mawu la tɔ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen!”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 7:12
27 Referans Kwoze  

Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!


Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye woɖo gbe ɖa na Mawu, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Amen, mikafu Yehowa!


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ!


Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi.


Mixe akpedaha hena Yehowa, mitsɔ kasaŋkuwo ƒo ha na mía Mawu la;


woawo nesa akpedavɔ, eye woatsɔ aseyetsotso axlẽ eƒe dɔwɔwɔwo afia!


siwo wò futɔwo tso le alɔme ɖemi, Yehowa, wotsɔ le alɔme ɖemi le wò amesiamina la ƒe afɔtoƒewo ŋui!


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Elabena Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe aba ene; vivisese kple dzidzɔ, kafukafuha kple saŋkuƒoƒo anɔ anyi.


eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene, eye miagba go le akpedada me.


Elabena wowɔ wo katã le mia ta, bene amenuveve, si sɔ gbɔ ɖe dzi to ame geɖeawo dzi la, nana akpedada la nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.


Wòe mase ekpedavɔ na, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, fa, tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dukɔ blibo la negblɔ be: Nenɔ alea, mikafu Yehowa!


Mina míatsɔ akpedada ado ɖe eƒe ŋku me, eye míatsɔ kafukafuhawo atso aseye ɖe eŋu.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Elabena tso gbaɖegbe ke le Dawid kple Asaf ŋɔli amegãwo le hadzilawo kple Mawu ƒe kafukafuhawo kpakple akpedahawo nu.


Lewi-viwo nye Yesua, Binui, Kadmiel, Serebya, Yuda kple Matanya; eya kple nɔviawo le kafukafuhadzihawo nu,


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Elabena nuwo katã tsoa eya me, eye wotoa eya me, eye woɖoa ta eya gbɔ; eyama tɔ lanye bubu yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Elabena ne èle akpe dam kple gbɔgbɔ la, aleke lawɔ, amesi le numanyamanyatɔ nɔƒe la, agble amen aƒu wò akpedada dzi, esi menya nusi nègblɔ la o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite