Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 6:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 6:15
19 Referans Kwoze  

Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.


ne wòayi agadowo kple kpetowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.


Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu!


amesiwo xexeame medzena kura o la, wotra mɔ henɔ tsatsam le gbedziwo kple towo kple agadowo kple anyigba ʋewo me.


Woaɖuɖɔ kewɔ abe dawo kple anyigba dzi nutatawo ene, eye woadzo nyanyanya aɖo atso woƒe mɔ̃wome; dzidzi aƒo wo woava Yehowa, mía Mawu la gbɔ, eye woavɔ̃ wò.


ke dukɔ, si woha, eye woda adzoe la wonye, mɔ̃ ɖe wo katã le do me, eye woɣla ɖe gaxɔ me; woɖe aboyo wo, ke amea ɖeke mexɔ wo o, woha wo, ke amea ɖeke megblɔ be: Migbugbɔ wo vɛ o.


Miɖe adzɔgbe, eye miwɔ edzi na Yehowa, mia Mawu la! Mi amesiwo le eŋu godoo la, mitsɔ nunanawo vɛ na amesi ŋu ŋɔdzi le!


Esi Israel-ŋutsuwo kpɔ be, woɖo hiã me, eye dukɔ la ɖo xaxa me la, woɣla ɖe dowo kple ŋuvegoewo, agadowo, mɔwo kple ʋewo me.


Midiantɔwo ƒe asi kpe Israel dzi, eye Israel-viwo wɔ bebeƒewo ɖe towo dzi kple agadowo me kpakple nɔƒe sesẽwo le Midiantɔwo la.


Eye esi wose Yehowa Mawu ŋkɔ le anyinufaɣi le abɔa me la, amea kple srɔ̃a woɣla wo ɖokui ɖe Yehowa Mawu ɖe abɔmetia ɖe te.


eye akaɖi ƒe keklẽ megale keklẽ ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o: elabena wò asitsalawo nye anyigba dzi megãwo; elabena woble dukɔwo katã to wò afakaka me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite