Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 6:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye dziƒoɣletiviwo ge ɖe anyigba abe alesi gboti dudua eƒe tsetse gbogbowo ɖe anyigba, ne ya sesẽa ɖe le ʋuʋum la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 eye ɣletivi siwo le dziƒo la ge va dze anyigba abe ale si gbotsetse siwo tsi megbe la dudunae ne ya sesẽ aɖe ʋuʋu ati la ene.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 6:13
15 Referans Kwoze  

Dziƒo ŋu nuwo katã nu ayi, woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene, eye eŋu nuwo katã alé akpɔ̃, abe alesi aŋgba yrɔna le weinka ŋu kple alesi gboti ƒe aŋgba yrɔnae ene.


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpe ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotso aʋli me vudo ƒe safui nɛ.


Edo eɖokui ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu nuwo ŋuti, eye wòdudu dziƒo ŋu nua ɖewo kple dzinuviwo ƒo ɖe anyi henyã avuzi lewo dzi.


Ne mena nuwò yi la, matsyɔ nu na dziŋgɔli, eye eƒe ɣletiviwo ata ahovɔ; alilikpo atsyɔ ɣe dzi, eye dzinu magaɖi o.


Eye dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawo dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti;


Eye wova gblɔ na Dawid ƒe aƒe la bena: Aram ƒu asaɖa anyi ɖe Efrayim. Tete eya kple eƒe dukɔ ƒe dzi ʋuʋu nyanyanya, abe alesi avemetiwo ʋuʋuna le ya nu ene.


Wò mɔ̃ sesẽwo katã le abe gboti, siwo dzi kutsetse ɖiɖiwo le la ene; ne woʋuʋu wo la, woade adze nu me na wo ɖula.


Esia nyee dzɔlawo ƒe tameɖodo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo ado wo nu.


Anyigba le nu xam wòte eŋu, ŋu kpe Libanon, eƒe lãme gbã, Saron zu abe gbegbe ene, eye Basan kple Karmel lu xe.


Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe avũ kple avũtɔwo mana woƒe kekeli naklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli naɖi o.


ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Adudu, abe alesi weintsetse gboewo luluna le weinka ŋu ene, eye woadudu abe amiti ƒe seƒoƒo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite