Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nɔ ŋudzɔ, eye nado ŋusẽ nusiwo susɔ le kuku ge la; elabena nyemekpɔ wò dɔwɔwɔwo le blibo le nye Mawu ƒe ŋku me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Nyɔ! Do ŋusẽ nu siwo susɔ, eye wole kumɔ dzi la, elabena nyemekpɔ be wò dɔwɔwɔ de blibo le nye Mawu ŋkume o,

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 3:2
31 Referans Kwoze  

Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me.


Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, ɖeko menye kple dzi blibo o.


Esi wòna afima ʋee la, edzo yi ɖato Galatia- kple Frigia-nutowo me ɖekaɖeka hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.


De gbe asi na Yosua, ɖe dzi ƒo nɛ, eye nado ŋusẽe, elabena eyae adze dukɔ sia ŋgɔ ayi, eye wòamã anyigba, si kpɔm nèle la, na wo.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi.


Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.


Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;


Tekel: Woɖa wò le nuɖanu me, ke èle hodzoe akpa.


Maɖe wò dzɔdzɔenyenye afia; ke wò dɔwɔwɔwo maxɔ na wo o.


Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.


Eye wòzɔ le fofoa ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔ le eŋgɔ la me, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.


Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.


Elabena kpɔ ɖa, maɖo lãkplɔvla ɖe anyigba la dzi, mabia esiwo bu la ta se o, eye madi esiwo ka hlẽ la o, mada gbe le esiwo xɔ abi la ŋu o, eye malé fɔ ɖe sesẽawo ŋu o, ke aɖu ɖamiawo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.


anye ne matsɔ nye nu ade dzi ƒo na mi, eye nyemagbe nye nuyi tsɔtsɔ ado haha na mi o!


Eye ŋlo ɖo ɖe hame, si le Sardes la, ƒe dɔla bena: Amesi si Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo le la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo bena, ŋkɔ le asiwò be, èle agbe, eye nèku.


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


Tete ɖetugbi kemawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite