Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nàƒle sika nyuitɔ si ŋu wokɔ kple dzo la le gbɔnye. Eya koe ana nànye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nàƒle awu ɣi kɔkɔewo le gbɔnye, ale be màganɔ amama, eye ŋu nakpe wò o. Kpe ɖe esia ŋu la, nàƒle ŋkutike le gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu, eye nàgakpɔ nu.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 3:18
34 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;


Kuwui! Mi ame tsikɔwuwo katã, miva tsi gbɔ! Mi amesiwo si ga mele o, miva ƒle nu, ne miaɖu! Miva, ne miadze wein kple notsi, menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o!


Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.


Abɔbɔ nɔ anyi alolo klosalo, eye wòadza eŋu, akɔ Lewi-viwo ŋu, eye wòadza wo ŋu abe sika kple klosalo ene, eye woasa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.


Eye amegã xoxoawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ nam bena: Amekawoe nye esiawo do awu ʋlaya ɣiwo, eye afika wotso mahã?


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.


Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Mi Safirtɔwo, miɖe ama miaʋu adzo; Zaanantɔwo mele dzodzo ge o; mifa konyi le Bet-Haezel, elabena mia gbɔe wòdze aʋa ɖo!


Akplɔm le wò adaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.


Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Wò ama adze go, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe. Mabia hlɔ̃, eye amea ɖeke matso mía dome o.


Ƒle nyateƒe, nunya, amehehe kple gɔmesese, eye megatsɔ wo dzra o!


ne ele ale bena, ne wotsɔ awu ɖo na mí, womakpɔ mi amama o la.


Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.


kpɔ ɖa, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maƒo ɖe dziwò, eye maɖe wò taɖedzi lewo ŋutɔ ŋkuwò me, mana dukɔwo nakpɔ wò ama, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpeƒe.


Ke aɖaŋudzelawo xɔ edzi gblɔ bena: O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o, miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui.


Eyata nye hã meklo taɖedzi le ŋgɔgbe na wò, ne woakpɔ wò ŋukpe ƒe.


Mebe: Dzra fia ƒe sedede ɖo le Mawu ƒe atam la te.


Se aɖaŋuɖoɖo, eye naxɔ amehehe na ɖokuiwò, ne nadze nunya le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me.


le esi womelɔ̃ ɖe nye aɖaŋuɖoɖo dzi o, eye woɖo vlo nye mokanamewo katã ŋuti la,


míedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo katã, eye miegbe nye mokaname la,


Elabena wosẽ to ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu, eye wodo vlo dziƒoʋitɔ la ƒe adaŋudede,


Makafu Yehowa, amesi doa aɖaŋu nam; le zã me hã nye ayikuwo xlɔ̃ã num,


bene woawɔ dɔmenyo, eye woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede,


Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite