Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 22:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Woakpɔ eƒe ŋkume, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowo nu.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 22:4
18 Referans Kwoze  

Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.


Woayra amesiwo dza le woƒe dzi me la: elabena woawoe akpɔ Mawu.


Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Edo gbe ɖa na Mawu, eye wòve enu hekpɔ eƒe ŋku me dzidzɔtɔe, eye wòɖo amegbetɔ ƒe dzɔdzɔenyenye teƒe nɛ.


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.


Elabena azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me, ke emegbe la ŋku me kple ŋku me; azɔ la medze si nu afã kple afã, ke emegbe la madze si nu keŋ, abe alesi wodze sim keŋ la ene.


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu.


Wò ŋkuwò akpa fia la le eƒe atsyɔ̃ me, akpɔ anyigba keke la,


Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.


ne Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia, eye ŋutilãwo katã nakpɔe; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Misa dzɔdzɔenyenyevɔ, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu!


Woaƒo se ake, eye woatso dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii. Woatso Libanon ƒe ŋutikɔkɔe, Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃ nɛ. Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mia Mawu ƒe atsyɔ̃.


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Alesi zinɔ ƒe veme ƒuna ɖe tɔʋu ŋu la, nenema nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò, Mawu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite