Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 21:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Gɔmeɖoɖo wuieve li na dua ƒe gli la, eye Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 21:14
14 Referans Kwoze  

elabena ekpɔ mɔ na du, si gɔmeɖoɖoanyi li na, esi ƒe aɖaŋuwɔla kple tula enye Mawu.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


Wò hiãtɔ, si ahom lɔ ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o, kpɔ ɖa, matsɔ kpe ŋɔŋɔewo aɖo gɔwòme anyi, eye matsɔ adzagba aɖo wò agunu anyi.


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Ke, mi hiãtɔwo, miɖo ŋku nya, siwo mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ tsã la dzi,


si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o,


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


Eye wodzidze nu ɖe wo dzi, eye nudzidze la dze Matia dzi, eye woɖe kpe ɖe apostolo wuiɖekɛawo ŋu.


Ɣedzeƒe gome la agbo etɔ̃ li, eye anyiehe gome la agbo etɔ̃ li, dziehe gome la agbo etɔ̃ li, eye ɣetoɖoƒe gome la agbo etɔ̃ li.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite