Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 21:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 gli kɔkɔ gãa ɖe le eŋu; agbo wuieve le eŋu, eye mawudɔla wuieve le agboawo tame, eye woŋlɔ ŋkɔ, siwo nye Israel-viwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo la, ɖe wo ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, eye woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe gli la me, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 21:12
21 Referans Kwoze  

Eye womatu eƒe agbowo le ŋkeke me o; elabena zã mado le afima o,


Mana wò xɔta tsutsuẽwo nanye gbloti, wò agbowo nanye soe, eye wò kpɔtɔtɔ blibo la nanye kpe xɔasiwo.


Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me, eye gbɔdzɔe nenɔ wò fiasãwo me! Le nɔvinyewo kple xɔ̃nyewo fa madi ŋutifafa na wò.


Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be „xɔname“ kple wò agbowo be „kafukafu“.


Elabena mèdia akpedavɔsa o, anye ne mana wò; numevɔsa hã medzea ŋuwò o!


Esi wole Yerusalem ŋu gliawo ŋu kɔ ge la, woɖadi Lewi-viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ, ne woatsɔ akpedahawo, hadzidziwo, gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aɖu glia ŋu kɔkɔ ŋkekenyuie kple dzidzɔ ŋkekenyuie lae.


esi míaƒe ƒome wuieve la le mɔ kpɔm na hele Mawu subɔm vevie zã kple keli, bena woasu wo si. Le mɔkpɔkpɔ sia la, fia Agripa, Yudatɔwo le nunye tsom ɖo esi.


Elahena kluviwo míenye, ke mía Mawu megblẽ mí ɖi ɖe míaƒe kluvinyenye la me o, ke boŋ eve mía nu le Persia-fiawo ŋku me, ne woana agbe naɖo mía me, ne míatu mía Mawu le xɔ la, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo, eye gli nano mia si le Yuda kple Yerusalem.


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii.


Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.


Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.


Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Ɣedzeƒe gome la agbo etɔ̃ li, eye anyiehe gome la agbo etɔ̃ li, dziehe gome la agbo etɔ̃ li, eye ɣetoɖoƒe gome la agbo etɔ̃ li.


Eye amesi le nu ƒom kplim la, lé sikadzidzeti ɖe asi, be yeadzidze du le kple eƒe agboawo kpakple eƒe gli la.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


Dzata wuieve le tsitre ɖe atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi le afi kple afi; womewɔ esia tɔgbe le fiaɖuƒea ɖeke me kpɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite