Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 21:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 21:10
17 Referans Kwoze  

Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Eye gbɔgbɔ la kɔm le ŋutega me ɖada ɖe aboyomeawo gbɔ le Kaldea-nyigba dzi to Mawu ƒe gbɔgbɔ la me, eye ŋutega, si mekpɔ la, dzo le gbɔnye.


Eye wòkplɔm heyi gbedzi le gbɔgbɔ me, eye mekpe nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ lã dzẽa de, si ta adre kple dzo ewo li na, eye busuŋkɔwo le eŋuti fũ la dzi.


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Ke esi wodo go le tsia me la, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ la tsɔ Filipo dzoe, eye aƒedzikpɔla la megakpɔe o; elabena edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ.


Tete gbɔgbɔ la kɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe ɣedzeƒe-gbo, si ɖo ta ɣedzeƒe gome la nu; kpɔ ɖa, ŋutsu blave vɔ atɔ̃ le agbo la nu, eye mekpɔ Yaazanya, Azur vi, kple Pelatya, Benaya vi, amesiwo nye dukɔ la ƒe amegãwo le wo dome.


Tete wòdo nane da abe asi ene helé nye taɖa, eye gbagba la kɔm ɖe anyigba kple dziƒo domee hekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va ɖo Yerusalem le agbo metɔ, si ɖo ta anyiehe gome la nu, afisi legbaa ɖe, si dea ŋuʋaʋã Yehowa me la le.


Eye enumake menɔ gbɔgbɔ la me, eye kpɔ ɖa, wodo fiazikpui anyi de dziƒo, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi,


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Eye wòava me be, ne medzo le gbɔwò la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ akplɔ wò adzoe ayi afisi nyemenya o. Eye ne meva gblɔe na Axab, eye mekpɔ wò o la, ekema awum; evɔ wònye wò dɔla vɔ̃a Yehowa tso eƒe ɖevime ke hafi.


Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu kalẽtɔ blaatɔ̃ le wò dɔlawo dome, na wòayi ɖadi wò aƒetɔ, ɖewohĩ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ tsɔe yi ɖaxlã ɖe toawo dometɔ ɖeka dzi alo baliawo dometɔ ɖeka me. Ke eɖo ŋu bena: Migadɔ ame ɖa o!


Ke dziƒo Yerusalem enye ablɔɖe, eyae nye mí katã dada.


Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Eye naɖe xɔxɔnu, si le gbedoxɔa ŋu la, le eme, eye megadzidzee o; elabena wotsɔe na trɔ̃subɔlawo, eye woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blane vo eve sɔŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite