Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 20:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖo o, ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye nunɔlawo na Mawu kple Kristo, eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka (1,000).

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 20:6
19 Referans Kwoze  

eye wòwɔ mí hawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya to lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mava me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.


Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia.


eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.


Woayra amesi ɖo dzi, eye ŋkeke akpe ɖeka alafa eta blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖo ɖee la.


Eye kpɔ ɖa, megbɔna kpuie: Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi la.


Eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Ŋlɔ bena: Woayra ame kuku, siwo ku le Aƒetɔ la me tso esia dzi heyina: ẽ, Gbɔgbɔ la gblɔ bena, woadzudzɔ wo dokui tso woƒe agbagbadzedzewo me, elabena woƒe dɔwɔwɔwo dze wo yome.


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Eye esi kplɔ̃ ŋuti nɔlawo dometɔ ɖeka se nusiawo la, egblɔ bena: Woayra amesi aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!


Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be: „Yehowa ƒe nunɔlawo“, eye woayɔ mi be „mía Mawu ƒe subɔlawo“; miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye woƒe atsyɔ̃ atu mia nu.


Eye ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋko woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la be kɔkɔewo,


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite