Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 20:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 20:11
27 Referans Kwoze  

Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o.


Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Ale gayibɔ kple tsu, akɔbli, klosalo kple sika wogbã gudugudu, eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene, ya kplɔ wo dzoe, eye womegakpɔ wo teƒe o; ke kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gãa de hexɔ anyigba blibo la dzi.


Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Eye ƒukpowo katã si, eye womegakpɔ towo o.


Eye woŋlɔ dziƒo ɖa abe agbalẽ ŋɔŋlɔ ene, eye woɖe to sia to kple ƒukpo sia ƒukpo ɖa le wo teƒe.


Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka.


eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o.


Alilikpo kple tsizi ƒo xlãe, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye eƒe fiazikpui ƒe anyinɔ.


Tɔwòe nye ãlɔ sesẽ, ŋusẽ le wò esi ŋu, eye wò nuɖusi ɖe dzi.


Elabena Mawue nye fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi nufiameha!


Eye enumake menɔ gbɔgbɔ la me, eye kpɔ ɖa, wodo fiazikpui anyi de dziƒo, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi,


Eʋuʋu anyigba le enɔƒe, ale be eƒe sɔtiwo na.


Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒea, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me;


Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Gbaɖegbe ke nèdo anyigba gome anyi, eye wò asinudɔwɔwɔ enye dziƒowo.


Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ.


Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.


Eye megale egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Tiro kple Zidon le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi abe miawo ene o.


Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite