Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Azɔ trɔ le wò dzi me: ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 eya ta trɔ dzi me! Ne menye nenema o la, mava gbɔwò kpuie, eye mawɔ avu kpli wò kple yi si le nye nu me la.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 2:16
15 Referans Kwoze  

eye tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe vava ƒe ɖeɖefia la me.


Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.


Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.


Eye miɖo xoxo ƒe gakuku la, eye mihe Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la, ɖe asi.


Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.


Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.


Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye woatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe; atsɔ eƒe nu me likplɔ aƒo ŋutasẽla la, eye woatso eƒe nu me gbɔgbɔ awu ame vɔ̃ɖi lae.


Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Pergamo la ƒe ɖɔla bena: Amesi yi ɖaɖɛ nuevee le esi la, eyae gblɔ esiawo bena:


Ewo nye nu abe yi ɖaɖɛ ene, eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te, eye wòtsɔm wo aŋutrɔ biɖoe hetsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Eye kpɔ ɖa, megbɔna kpuie: Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi la.


Eye dzoxɔxɔ gã ŋuta ɖu amewo, eye wode busu Mawuƒe ŋkɔ, si kpo ŋusẽ ɖe fuwɔame siawo dzi, eye wometrɔ le woƒe dzi me, bene woatsɔ kafukafu nɛ o.


Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie! Amen, Aƒetɔ Yesu va!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite