Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Pergamo la ƒe ɖɔla bena: Amesi yi ɖaɖɛ nuevee le esi la, eyae gblɔ esiawo bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Ŋlɔ agbalẽ na Pergamo Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye ame si lé yi ɖaɖɛ nuevee ɖe asi la ƒe nyawo.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 2:12
10 Referans Kwoze  

Azɔ trɔ le wò dzi me: ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò.


Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la;


Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.


Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye woatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe; atsɔ eƒe nu me likplɔ aƒo ŋutasẽla la, eye woatso eƒe nu me gbɔgbɔ awu ame vɔ̃ɖi lae.


Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Efeso la, ƒe dɔla bena: Amesi lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi, amesi le sikakaɖiti adreawo titina zɔm la, eyae gblɔ esiawo bena:


Ewo nye nu abe yi ɖaɖɛ ene, eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te, eye wòtsɔm wo aŋutrɔ biɖoe hetsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.


Eye Ehud tu adekpui nuevee, si didi asi ɖeka, eye wòtae ɖe ɖusiklito le eƒe awu ʋlaya te.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite