Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 19:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam, eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” (Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo ame kɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.)

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 19:8
21 Referans Kwoze  

Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.


Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu.


hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.


eye eƒe awuwo trɔ le dzo dam hefu tititi, eye nunyãlaa ɖeke mele anyigba dzi ate ŋu awɔ wo woafu alea o.


eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te.


Wò nunɔlawo neta dzɔdzɔenyenye, eye wò mawumemewo netso aseye.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


meta avɔ ŋɔŋɔe na wò, eye meɖo lãgbalẽ nyuitɔ ƒe atokota na wò, metsɔ aklala bla ta na wò, eye metsɔ seda wɔ taɖedzi na wò;


Eye esime wole dziƒo kpɔm gã le eƒe yiyi me la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre ɖe wo gbɔ le awu ɣi me,


Eye wòva ve me, esi wotsi dzodzodzoe le esia ŋuti la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre de wo gbɔ le awu ʋlaya dadzowo me;


esi nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, si toa Yesu Kristo dzixɔxɔse me vana na amesiwo katã xɔna sena la. Elabena vovototoa ɖeke meli o;


Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?


Elɔ̃a kuntruwo na eɖokui, aklala kple aɖahɛ nye eƒe avɔtata.


Ne wobe, yewoage ɖe xɔxɔnu metɔ ƒe agbo me la, woaɖo aklalawuwo; lãfuvɔa ɖeke megana wo ŋu, ne wole subɔsubɔm le xɔxɔnu metɔ ƒe agbowo me kple xɔ la me o.


eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotso sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo.


Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim.


ahuhɔ̃ewo, awutewuiwo, tabablawo kple moxevɔ gãwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite