Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 19:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 bena miaɖu fiawo ƒe lã kple aʋafiawo ƒe lã kple ame sesẽwo ƒe lã kple sɔwo kple wo dzinɔlawo ƒe lã kple ablɔɖeviwo kple kluviwo kple ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo katã ƒe lã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa.”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 19:18
18 Referans Kwoze  

Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me;


matso woamawo ade asi na woƒe futɔwo kple woƒe kudilawo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo.


Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe adaŋudede me le teƒe sia, eye mana woatsi woƒe futɔwo ƒe yi nu kple amesiwo le woƒe ku dim la si me, eye matso woƒe kukuawo ana dziƒoxewo kple gbemelãwo woaɖu.


Dɔvɔ̃ awu wo, womafa na wo o, womaɖi wo o, eye woanye gbeɖuɖɔ ɖe anyigba dzi; yi kple dɔwuame atsrɔ̃ wo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple gbemelãwo.


Dukɔ sia ƒe kukuawo azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo, eye womanyã wo o.


Yehowa atsɔ wò ade asi nam egbea, eye mawu wò atso ta le nuwò, eye matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la ƒe kukuwo ana dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo egbe sia, ne anyigba blibo la nadze sii bena, Mawua de li na Israel;


Eye Filistitɔ la gblɔ na Dawid bena: Va gbɔnye, ne matsɔ wò dã na dziƒoxewo kple gbemelãwo!


Wò ame kukuwo anye nuɖuɖu na dziƒoxe dzodzoewo katã kple anyigba dzi lãwo, eye amea ɖeke manyã wo ɖa o.


Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu,


Eye woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Afikae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ na wo bena: Afisi nu kuku le la, afima hɔ̃wo ƒoa ƒu ɖo.


Afisi ke nu kuku le la, afima hawo ƒoa ƒu ɖo.


Matsɔ wò aƒu gbe ɖe gbegbe, eye nadze dogba dzi le gbe me, womafɔ wò aƒo ƒu o, eye womaɖi wò o, matsɔ wò awɔ nuɖuɖui na gbemelãwo kple dziƒoxewo.


Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gblɔ na xe ƒomevi vovovowo katã kpakple gbemelãwo katã bena: Miƒo ta kpli, eye miƒo mia ɖokui nu ƒu tso goawo katã me, ne miava nye vɔsa ŋkekenyuie, si ɖu ge mala na mi la ɖu ƒe, aglotutu gã wònye le Israel-towo dzi, eye miaɖu lã ano ʋu.


Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.


Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.


Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mí ɖeviwo kple ame tsitsiwo!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite