Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 18:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Eya ta le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ, elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 18:8
18 Referans Kwoze  

Ke wo ɖela sesẽ, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot. Adrɔ̃ woƒe nya ade goe, ne wòana gbɔdzɔe anyigba, eye wòaɖe zi Babeltɔwo me.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, be: Kpɔ ɖa, mado ɖe dziwò, wò ame tovo; elabena: wò ŋkeke ɖe, wò toheɣi ɖo.


Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.


Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe la me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wo du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzɔ la, tro zu kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me.


Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woagbã Babel ƒe gli kekeawo vaseɖe agunu ke, eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔwo, ale be wòanye ɖeko dukɔwo wɔ dɔ ɖe ya me, eye anyigbadzitɔwo ku kutri hena dze.


Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, ne míagatsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me o, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia; nusi wòwɔ la, eya teƒe woaɖo nɛ.


Eye wogagblɔ zi evelia bena: Mikafu Yehowa! Eye eƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Eye ʋumefia sia ʋumefia kple ʋuɖola sia ʋuɖola kple kahela sia kahela kpakple ƒu dzi dɔwɔlawo katã wole tsitre le adzɔge ke.


Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.


le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nenɔ anyi; elabena exɔ wò ŋusẽ gã, eye neɖu fia.


Migaɖo ŋu ɖe sesẽnuwɔwɔ ŋu o, eye nuhaha megaflu mo na mi o! Ne kesinɔnu le dzidzim ɖe edzi la, miaƒe dzi megaku ɖe eŋu o!


Ne eɖi ŋusẽ nu la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔ enye si; eye nenye ʋɔnudɔdrɔ̃ la, ameka akplɔm ayii?


Ɣemaɣi la Yehowa atsɔ eƒe yi kpekpe gã sesẽ la ahe to na ʋɔ driba, si nye ɖa, si le sisim, kple ʋɔ driba, si nye da xatsaxatsa la, eye woawu boso le atsiaƒu me.


Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawo nye ta la, eye nyagblɔɖila, siwo baa atakpadada la, wonye asike la.


Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite