Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 18:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “ ‘Nye amewo, mido go le wo dome,’ be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o,

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 18:4
16 Referans Kwoze  

Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,


Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, ne míagatsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me o, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia; nusi wòwɔ la, eya teƒe woaɖo nɛ.


Nye dukɔ, midzo le egbɔ, eye amesiame neɖe eƒe agbe tso Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la nu!


Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Misi tso Babel, miʋu tso Kaldea-nyigba dzi, eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene!


Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.


Mitso aseyetsotso ʋu tso Babel, eye nusi tso Kaldea-nyigba dzi! Migblɔ nusia, eye miɖe gbe ƒãe, mihee yi anyigba ƒe mlɔenu ke, migblɔ be: Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob!


Ne èkpɔ hafi la, ekema èkplɔe ɖo, eye nèɖea ha kple ahasitɔwo.


elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.


Mi amesiwo si le yi nu, midzo, eye migatɔ ɖi o! Miɖo ŋu Yehowa le adzɔge, eye Yerusalem nenɔ ta me na mi!


hegblɔna bena: Ɖe mieli le mia fofowo ŋɔli la, ne miewɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe nu la me o.


Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae.


Miehe, míada gbe le Babel ŋu, ke hayahaya mele eŋu o; eyata migblẽè ɖi, eye mia dome amesiame neyi eƒe anyigba dzi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ de dziƒo ke, eye wòɖatɔ alilikpowo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite