Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 18:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 18:21
14 Referans Kwoze  

Matsɔ wò awɔ ŋɔdzinui, eye nuwò ayi, woadi wò, ke womagakpɔ wò gbeɖegbeɖe akpɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eye mekpɔ mawudɔla sesẽa ɖe le gbe ƒã ɖem kple gbe gã bena: Amekae dze be, wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenuawo ɖa?


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


eye womegale saŋkuƒolawo kple hadzilawo kple dzekulawo kple kpẽkulawo ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale aɖaŋuwɔla bubu ƒomevia ɖeke kpɔ ge le mewò o, eye womegale tetutu se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o;


Eye ƒukpowo katã si, eye womegakpɔ towo o.


eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o.


Atrɔ ɖe eƒe anyigba ƒe mɔ̃ sesẽwo ŋu, ke aɖe goglomi adze anyi, eye womagakpɔe azɔ o.


Enu ayi abe drɔ̃ekuku ene, eye womagakpɔe o, eye wòabu abe zã me ŋutega ene.


Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.


Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubua ɖe le ɖiɖim tso dziƒo le alilikpo me, eye anyieʋɔ le eƒe ta me, eye eƒe ŋku me le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene,


Mete eŋu yi, eye kpɔ ɖa, megali o; medii, eye nyemekpɔe o.


Emã ƒu la me le wo ŋgɔ, eye woto ƒuƒuiƒe le ƒu la titina; ke èxlã wo yometilawo ɖe tɔ me, abe alesi kpe dzea tɔ sesẽwo me ene.


Ƒuɖɔɖɔ gbagba ɖe wo dzi, eye wodze to abe kpe ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite