Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 18:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “ ‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’ Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kple xadza na xevi makɔmakɔwo kple lã siwo womeɖuna o la,

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 18:2
26 Referans Kwoze  

Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.


Babel azu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, azu gbegbe kple tsiãdonu, eye ame avɔ le eme.


Zi ɖeka kasia Babel ge dze anyi hegbã. Mifa avi ɖe eŋu, miɖatsɔ atike vɛ hena eƒe veveseseawo, ɖewohĩ eƒe lãme ahaya.


Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,


Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.


Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.


Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


Yehowa Zebaot be: Matsɔe awɔ hlɔ̃madewo nɔƒe kple simee, eye matsɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe abaya akplɔe.


Eye mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃, siwo le abe akpɔkplɔwo ene la, do go tso ʋɔ driba la kple lã la kpakple aʋatsonyagblɔɖila ƒe nu me:


Eye mawudɔla bubua ɖe do tso gbedoxɔ me le ɣli dom kple gbe gã do de amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la bena: Do wò hɛ gobɛ la ɖa, ne naya nu; elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba dzi nuwo ɖi!


eye wòdo ɣli kple gbe gãa ɖe, abe alesi dzata ɖea gbe ene, eye esime wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go.


Eye mekpɔ mawudɔla sesẽa ɖe le gbe ƒã ɖem kple gbe gã bena: Amekae dze be, wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenuawo ɖa?


Lãhawo kple gbemelã vovovowo atsyɔ akɔ ɖe eme, eye aluge kple hlɔmaɖe atsi woƒe sɔtiwo ƒe ko te aɖɔ. Ha anɔ ɖiɖim le fesre nu, eye anyiglãgo anɔ kpui nu, elabena seɖerʋuƒowo atsi go.


Eye wò la nagblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu agblɔ na wo bena: Yehowa le gbe ɖem tso dzi me, eye wòna eƒe gbe ɖi tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la me; ele gbe ɖem ɖe eƒe lãnyiƒe ŋu, eye wòtso ayiboopɛɛ abe weinfiãlawo ene ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu.


eye eƒe afɔwo ɖi gadzẽ, si wode kpodzo me wòbiã hẽ, eye eƒe gbe le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene.


Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite