Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 18:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye nusiawo ƒe adzɔdola, siwo to edzi zu kesinɔtɔwo la, woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti, anɔ avi fam, eye woanɔ konyi fam anɔ gbɔgblɔm bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Asitsala siwo dzra nu siawo, eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la atsi tsitre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo ɖe eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi,

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 18:15
14 Referans Kwoze  

Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.


Woalũ ta kokoe le tawo, eye woata akpanya, woafa avi ɖe ŋuwò vevie tso dzi me, eye woaxa nu.


Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;


Eye wòfia nu gblɔ na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe ɖoe.


Wo ƒlelawo wu wo, womeɖi fɔ o, eye wo dzralewo gblɔ be: Woakafu Yehowa, be mezu hotɔ! Eye wo kplɔlawo ha mekpɔ wo ta o.


Adzɔnu siawo nye: Sika kple klosalo kple kpe xɔasiwo kple adzagbawo kple aklala biɖibiɖi kple aɖabɛ kple seda kple awu dzi kple ati ʋeʋẽe ƒomeviwo katã kple nyiɖu ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple ati xɔasi kple gadzẽ kple ga kple kpe xɔasi ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã


kple botsyo kple ami ʋeʋẽe kple atike ʋeʋẽe kple ami sisi kple lifi kple aha kple ami kple wɔ nyuitɔ kple lu kple aƒemelãwo kple alẽwo kple sɔwo kple tasiaɖamwo kple ame ƒeƒlewo kpakple amewo ƒe luʋɔwo.


Eye atikutsetse, siwo dzroa wò luʋɔ la, dzo le gbɔwò, eye nu viviwo kple atsyɔ̃ɖonuwo katã bu ɖe wò, eye megale wo kpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.


Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe la me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wo du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzɔ la, tro zu kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite