Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 18:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye atikutsetse, siwo dzroa wò luʋɔ la, dzo le gbɔwò, eye nu viviwo kple atsyɔ̃ɖonuwo katã bu ɖe wò, eye megale wo kpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 “Wo katã woagblɔ be, ‘Kutsetse si nèdi vevie la do le asiwò me. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 18:14
12 Referans Kwoze  

Ke nusiawo zu kpɔdeŋu na mí, bene miaganyenu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.


Miedzroa nu, eye miekpɔnɛ o; miewua ame, eye mieʋãa ŋu, eye miaƒe asi metea ŋu sua nu dzi o; miewɔa dzre, eye miewɔa aʋa; miate ŋu akpɔ naneke o; elabena miebiana o.


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


Wodzro nu le gbedzi, eye wote Mawu kpɔ le gbedadaƒo.


Eye yakame, siwo le wo do me la, de asi nudzodzro me, tete Israel-viwo gafa avi gblɔ bena: Ameka gɔ̃e le lã na ge mi miaɖu hã?


Wote Mawu kpɔ le woƒe dziwo me hebia nuɖuɖu na woƒe nudzodzro,


Eye wona ŋkɔ teƒe la bena „nudzrolawo ɖiƒe“, elabena afima woɖi dukɔ, si dzro nu la ɖo.


Alo nuka kpɔ ge miedo go yii? Alo amesi do awu bɔbɔewoa? Kpɔ ɖa, amesiwo do awu bɔbɔewo la, woawoe le fiawo ƒe aƒewo me.


kple botsyo kple ami ʋeʋẽe kple atike ʋeʋẽe kple ami sisi kple lifi kple aha kple ami kple wɔ nyuitɔ kple lu kple aƒemelãwo kple alẽwo kple sɔwo kple tasiaɖamwo kple ame ƒeƒlewo kpakple amewo ƒe luʋɔwo.


Eye nusiawo ƒe adzɔdola, siwo to edzi zu kesinɔtɔwo la, woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti, anɔ avi fam, eye woanɔ konyi fam anɔ gbɔgblɔm bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite