Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 18:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, “ ‘Baba! O du gã, baba na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 18:10
17 Referans Kwoze  

Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe la me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wo du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzɔ la, tro zu kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me.


Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.


Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.


Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Aƒetɔ la, gblɔ esi: Konyifafa anɔ ablɔwo katã me, eye woana alele dom le kpɔdomeewo katã, woayɔ agbledela ɖe nuxaxa ŋu, eye kuteƒehadzilawo ɖe konyifafa ŋu;


Aleke, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.


Eye dzo ewo, si nekpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka.


Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.


tete ŋutsu sɔdolawo gbɔna hele gbɔgblɔm be: Babel mũ, emũ, eye wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.


Eye Israel blibo la katã, amesiwo ɖe to ɖe wo la, si le woƒe ɣlidodo la ta; elabena wobu be, anyigba le yewo hã mi ge.


Eyata nusiawo kple eve adzɔ ɖe dziwò gbe ɖeka kpoyi, woaɖe vi le ŋuwò, eye nazu ahosi; to wò dzosasa geɖeawo kple wò gbesa gbogboawo gbɔ hã woaƒo ɖe dziwò bibibi.


Mado nuxaxa na dukɔ geɖewo ƒe dzi, ne mehe wò anyidzedze yi dukɔwo dome le anyigba, siwo menya o la dzi.


Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


Eye esi wokpe eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, wodo ɣli gblɔ bena: Du kae sa kple du gã ma mahã?


Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite