Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 17:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Afii gɔmesese, si me nunya le la, hiã le: Ta adreawo nye to adre, siwo dzi nyɔnu la bɔbɔ nɔ,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo la. Woganye fia adrewo hã.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 17:9
10 Referans Kwoze  

Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.


Eye mawudɔla la gblɔ nam bena: Nukaŋuti wò mo wɔ yaa ɖo mahã? Magblɔ nyɔnu la kple lã, si le etsɔm, eye ta adre kple dzo ewo li nɛ la, ŋu nya ɣaɣla afia wò.


Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.


Eye wòkplɔm heyi gbedzi le gbɔgbɔ me, eye mekpe nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ lã dzẽa de, si ta adre kple dzo ewo li na, eye busuŋkɔwo le eŋuti fũ la dzi.


Eye metsi tre ɖe ƒutake la dzi, eye mekpɔ lãa ɖe le ɖoɖom tso atsiaƒu me, eye dzo ewo kple ta adre li nɛ, eye fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe tawo ŋu.


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.


Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.


Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite