Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 17:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Lã, si nekpɔ la, enɔ anyi, eye megali o, eye wòle dodo ge atso aʋli me, eye wòayi ɖe gbegblẽ me. Eye ne anyigbadzinɔla, siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, akpɔ lã la ɖa, alesi wònɔ anyi, eye megali o, eye wòagava la, woƒe mo awɔ yaa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 17:8
28 Referans Kwoze  

Eye lã, si nɔ anyi, eye megali o la, eya ŋutɔ hã enye enyilia, eye wònye adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe gbegblẽ me.


Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si ɖo tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo.


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!


Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.


ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;


abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me,


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


Meɖo ŋku anyi le nu kpɔm le nya gãgã, siwo gblɔm lãdzoa le la ta; mede ŋku ɖee, vaseɖe esime wowu lã la, wogblẽ eƒe kukua, eye wotɔ dzoe.


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


wònya tso keke blema ke la wɔm.“


Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.


Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi.


Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo.


amesi wonya ɖi tsã, hafi woɖo xexeame gɔme anyi; gake woɖee ɖe go fia le ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le mia ta,


Tsɔ fɔɖiɖi ƒu fɔɖiɖi dzi na wo, eye megana woade wò dzɔdzɔenyenye la gbɔ o.


Lã gã ene do tso atsiaƒu la me, eye woto vovo tso wo nɔewo gbɔ.


Eye woɖe kuku nɛ bena, megade se na yewo be, yewoayi ɖe do globo la me o.


Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.


amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite