Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 16:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye mese vɔsamlekpui la le gbɔgblɔm bena: Ẽ, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, nyateƒe kple dzɔdzɔe nye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mese vɔsamlekpui la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 16:7
11 Referans Kwoze  

elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Eye esime wòɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ amesiwo wowu le Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi, si wolé ɖe asi ŋuti la, ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui la te;


Tete Serafiwo dometɔ ɖeka dzo va gbɔnye, eye wòlé kpe xɔdzo hẽ, si wotsɔ abe ɖe le vɔsamlekpuia me la, ɖe asi;


Eye mawudɔla bubua ɖe, si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la, do tso vɔsamlekpui la me, eye wòdo ɣli kple gbe gãa de do de amesi lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi la bena: Do wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la da, ne nala anyigba dzi weinka ƒe kpowo; elabena eƒe kutsetseawo di!


eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me.


Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.


Tete Kerubia ɖo asi ɖe Kerubiawo domee heɖe dzo, si le Kerubiawo dome la, de asi na ŋutsu, si ta aklala la, eye wòxɔe hedzo.


Eye wògblɔ na ŋutsu, si ta aklala bena: Yi ɖe tasiaɖam, siwo le Kerubiawo gome la domee, eye naku dzo asiʋlo ɖeka le Kerubiawo domee akɔ ɖe dua dzi! Eye wòyi mekpɔ.


Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu; ale Aƒetɔ Mawu, amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la, gblɔ esi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite