Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 16:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 16:19
15 Referans Kwoze  

elabena eƒe nuvɔ̃wo ko yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.


Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.


Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.


Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,


Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza.


Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


na anyiehe fiawo katã, esiwo le kpuiƒe kple adzɔge tso wo nɔewo gbɔ, kple xexeme fiaɖuƒe, siwo katã le anyigba dzi; eye Sesax-fia anoe ɖe wo yome.


Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.


mana amesiwo te wò ɖe anyi la, naɖu woawo ŋuta ƒe lã, eye woamu woƒe ʋu abe wein ene. Eye ŋutilãwo katã nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, eye Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela.


Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka ƒo nu kplim gblɔ bena: Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ na tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite