Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 16:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye dzikedzowo kple gbeɖidiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu gãa ɖe, si tɔgbe meva kpɔ, tso esime amewo le anyigba dzi o la, va dzɔ, ale anyigbaʋuʋu gã ŋutɔ sia tɔgbe va dzɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣeyiɣi si wowɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 16:18
8 Referans Kwoze  

Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo;


Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.


Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme tu, eye wòtsɔe ƒu gbe de anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ.


Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.


Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.


Yehowa Zebaot atsɔ dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi sesi, ya kple ahom kpakple dzoƒaɖe binu ahe to na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite