Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 16:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 16:16
14 Referans Kwoze  

Le ɣemaɣl la konyifafa leƒe makɔ le Yerusalem o, abe alesi wówɔ kuteƒe na Hadad-Rimon le Megiɖo-tagba ene.


Fiawo va wɔ aʋa, Kanaan-fiawo va wɔ aʋa ɣemaɣi le Tanax le Megido-tɔ la nu; ke womekpɔ klosaloa ɖeke xɔ o!


Eye fiãa ɖe, si nye aʋli me dɔla la, ɖu wo dzi, eye woyɔ eŋkɔ le Hebri-gbe me be Abadon, eye woyɔnɛ le Hela-gbe me be Apolion (gblẽla).


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Azɔ esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi le teƒe, si woyɔna be Kpenyigba, eye le Hebri-gbe me la enye Gabata.


Eye esi mi katã miedze anyi la, mese gbea ɖe ƒo nu nam le Hebri-gbe me bena: „Saul, Saul! Nuka wo nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutonu.“


Eye wòlé Yesu, eye wokplɔe yii, eye wòdo go hele eya ŋutɔ ƒe atitsoga la tsɔm yina ɖe teƒe, si woyɔna be ametakoliƒe, eye woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata;


Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le.


makplɔ Sisera, Yabin ƒe aʋafia kple eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe aʋakɔ ava gbɔwò le Kison-toʋu la nu, eye matsɔe ade asi na wò!


Ke Yosiya metrɔ kɔ le eŋu o, ke boŋ edze avu, be yeawu aʋa kplii, eye meɖo to Nexo ƒe nyawo le Mawu ƒe nya la nu o, eye wòva aʋa wo ge le Megido-bali la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite