Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 16:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ, eye wògale eƒe awuwo me la, be masi adzo amamae, eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 16:15
23 Referans Kwoze  

Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu.


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.


ne ele ale bena, ne wotsɔ awu ɖo na mí, womakpɔ mi amama o la.


Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o! Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.


Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.


Eyata azɔ migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.


Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.


Wò ama adze go, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe. Mabia hlɔ̃, eye amea ɖeke matso mía dome o.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


eyata maƒo wò ahiãviwo katã nu ƒu, esiwo ƒe nu dze ŋuwò kple esiwo katã nèlɔ̃na kpakple esiwo katã nèlé fui, maƒo wo nu ƒu ɖe ŋuwò tso goawo katã me, eye maɖe ama wò, ne woakpɔ wò ama blibo la.


Baba na amesi na nu ehavi wòno, eye wòku dziku nɛ wono mu, be yeakpɔ eƒe ama!


Miyɔ mia nɔviŋutsu be „Dukɔnye“, eye mia nɔvinyɔnu be „Ame lɔlɔ̃e“.


Esi Mose kpɔ bena, dukɔ la wɔ yakanu, elabena Aron ye do lã wo, be woƒe futɔwo naɖu fewu le wo ŋu la,


Ke miawo, nɔviwo, miele viviti me, bena ŋkeke la naɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene o;


Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.


Eye kpɔ ɖa, megbɔna kpuie: Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite