Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 14:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba, eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la,

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 14:9
7 Referans Kwoze  

Eye woƒe fu wowɔ ƒe dzudzu la tu le dziƒo yim tso mava me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.


Eye meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã de mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Migawɔ ŋunyɔnu sia, si melé fui la o.


Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.


Eye gbãtɔa yi, eye wòtrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye ƒoƒoe vɔ̃, si vena ŋutɔ la, ƒo amesiwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple amesiwo de ta agu na eƒe legba la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite