Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nu gbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo woɖe tso anyigba dzi la ko.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 14:3
17 Referans Kwoze  

Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.


Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo!


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu!


Mikafu Yehowa! Midzi ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me!


Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ.


Ehem tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo,


Mawu, madzi ha yeye na wò, eye maƒo ha na wò le kasaŋku ka ewo tɔ dzi;


Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa!


Midzi ne yeye na; mitɔ asi kaawo nu kple ŋusẽ!


Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.


Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Elabena atitsoga la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo tsrɔ̃ la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.


Eye mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme — wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu le Israel-viwo ƒe toawo katã me:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite