Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 14:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye mawudɔla bubua ɖe do tso gbedoxɔ me le ɣli dom kple gbe gã do de amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la bena: Do wò hɛ gobɛ la ɖa, ne naya nu; elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba dzi nuwo ɖi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Kasia mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ la me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi be, “Tsɔ wò nuxahɛ gobɛ la, eye nàxa nu, elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 14:15
20 Referans Kwoze  

Ke ne kutsetse la ɖi la, enumake edoa nuŋehɛ ɖa; elabena nuŋeɣi la ɖo.


eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Babel-nyɔnuvi le abe lugbɔƒe le ɣeyiɣi, si me woƒoa eme dana ɖi la ene; esusɔ vie ko, ne nuŋeɣi naɖo nɛ.


Eye mawudɔla bubua ɖe, si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la, do tso vɔsamlekpui la me, eye wòdo ɣli kple gbe gãa de do de amesi lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi la bena: Do wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la da, ne nala anyigba dzi weinka ƒe kpowo; elabena eƒe kutsetseawo di!


Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.


Eye mawudɔla adrelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe ya me, eye gbe gãa ɖe ɖi tso gbeɖoxɔa me tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Wowɔe vɔ!


Miawo hã miyɔ mia fofowo ƒe dzidzenu la nu!


eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotso sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo.


Eye kpo da, mekpɔ alilikpo yia ɖe, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi abe amegbetɔvi ene, eye sikafiakuku le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛa ɖe le esi.


eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la.


Nyemazi ɖoɖoe o le Zion ta, eye le Yerusalem ta nyemagbɔ ɖe eme o, vaseɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye nado abe kekeli ene, eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.


Eye wòxɔ Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee.


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Eye amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la, do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòya anyigba dzi nuwo.


Eye mawudɔla bubua ɖe do tso gbedoxɔ, si le dziƒo la me, eye eya hã lé hɛ gobɛ ɖaɖɛa de de asi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite