Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 14:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 14:1
30 Referans Kwoze  

Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me;


Mana abutɔlawo nazu ame susɔeawo, eye amesiwo wonyã yi didiƒee, nazu dukɔ sesẽ, eye Yehowa aɖu fia ɖe wo nu le Zion-to la dzi tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Eye kpo da, mekpɔ alilikpo yia ɖe, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi abe amegbetɔvi ene, eye sikafiakuku le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛa ɖe le esi.


Eye esia megbe la mekpe, eye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ƒe gbedoxɔ le ʋuʋu le dziƒo;


Ke Zion be: Yehowa gblẽm ɖi, Aƒetɔ la ŋlɔm be.


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.


Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.


Eye wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèlé? Meɖo ŋu bena: Mele akaɖitia ɖe, si wolsɔ sika ɖeɖe wɔe la kpɔm; aminu le eta me, eye akaɖlgbɛ adre le eŋu, eye alɔ adre, siwo me to le la, le aka-ɖlgbɛawo ŋu.


Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.


Eye nye Daniel mekpɔ ame bubu eve wole tsitre ɖi, ɖeka le tɔsisi la ƒe go si me, eye evelia le tɔsisi la ƒe go keme.


Emegbe wòkplɔm to anyiehegbo la nu yi gbedoxɔ la nu, eye mekpɔ be, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ya Yehowa ƒe xɔ la taŋ; tete metsyɔ mo anyi.


Eye meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane ɖi fiazikpui do ɖe dziŋgɔli, si le Kerubiawo ta me la dzi le dzedzem abe gbloti ene.


Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mo nu, eye meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, do le glia me.


Tete mekpɔ wodo asia ɖe ɖe gbɔnye, si me agbalẽ le.


Meɖo ŋku anyi, eye kpɔ ɖa, ahom tu tso anyiehe, alilikpo gãa ɖe bia kɔtɔɔ, keklẽ ƒo xlã alilikpo gãa ɖe, eye dzobabla kɔtɔɔ le eme; nane le dzedzem le dzo la titina abe sika, si me kɔ keŋkeŋ ene;


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena Yeremya, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Aɖatsigoti kpɔm mele


Eye meɖo ŋku anyi, kpo ɖa, tasiaɖamfɔ ene le Kerubiawo xa, tasiaɖamfɔ ɖeka le Kerubi ɖeka xa, eye tasiaɖamfɔ ɖeka le Kerubi bubu xa; tasiaɖamfɔawo le dzedzem abe adzagba ene.


Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.


Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.


eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite