Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 13:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wotsɔ nu, si gblɔa nya gãwo kple busunyawo la nɛ, eye wotsɔ ŋusẽ nɛ, be wòanɔ dɔ dzi ɣleti blane vɔ eve

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo, eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-eve.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 13:5
17 Referans Kwoze  

Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã.


Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃.


Eye nyɔnu la si yi gbedzi, afisi Mawu dzra teƒea ɖe ɖo ɖi nɛ le, bena woanyii le afima ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Meɖo ŋku anyi le nu kpɔm le nya gãgã, siwo gblɔm lãdzoa le la ta; mede ŋku ɖee, vaseɖe esime wowu lã la, wogblẽ eƒe kukua, eye wotɔ dzoe.


Eye wotsɔ hɔ̃ gãa ɖe ƒe aʋala eve na nyɔnu la, bena wòadzo ayi gbedzi ayi ɖe teƒe, afisi woanyii le ɣeyiɣia ɖe kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã tso da la ƒe ŋku me.


amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.


dzo ewo, siwo le eta, eye wo ame etɔ̃ tu le wo ŋu, kple dzo bubu, si to, eye ŋkuwo le eŋu, eto nu, si gblɔa nya gãgãwo, eye wòlolo wu bubuawo la ŋu.


Eye wona ŋusẽe, be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye ne wòaɖu wo dzi, eye wona ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple trɔ̃subɔlawo katã dzi.


Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si ɖo tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo.


Amesiame vivia nume henɔa aʋatso kam na nɔvia, eye wogblɔa aɖevee.


Eɖo ŋu nam bena: Aɖe fiẽ kple ŋɖi akpe blave vɔ etɔ̃, emegbe woagaɖo kɔkɔeƒe la te.


Woayra amesi ɖo dzi, eye ŋkeke akpe ɖeka alafa eta blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖo ɖee la.


Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go,


eye tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe vava ƒe ɖeɖefia la me.


Mietsɔ miaƒe nuwo ƒo adegbe ɖe ŋunye, eye miedudu nya ƒo ɖi bababa ɖe ŋunye mese.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite