Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 13:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wòwɔ dzesi gãwo bena, wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ewɔ dzesi kple nukunu gãwo, eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe ŋkume.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 13:13
20 Referans Kwoze  

Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe.


elabena wonye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ, siwo nɔa dzesiwo wɔm, eye wonɔa xexeame katã ƒe fiawo gbɔ yim, bena woaƒo wo nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.


Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lolo la ŋu, eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo.


Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ.


Ke aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo latsi tre, eye woawɔ dzesi wo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, ne woaflu ame tiatiawo hã.


Eye ne amea ɖe ɖi be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke.


Alesi Yane kple Yambre wotsi tre ɖe Mose ŋuti la, nenema ke woawo hã wotsi tre ɖe nyateƒe la ŋuti; Ame tamegbegblẽtɔwo, amesiwo meli ke le xɔse me o.


Eye farisitɔwo kple zadukitɔwo va egbɔ, eye wole etem kpɔ biae bena, wòafia dzesi yewo tso dziƒo.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu ve la.


Ke afakalawo mete ŋu no te ɖe Mose nu o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te afakalawo hã abe Egiptetɔwo katã ene.


Wò ŋuta kple wò aƒe, ŋuwò mewo kple wo dukɔ la miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔwo si me, negbe Nil me ko woasusɔ ɖo


Ke Egipte-tɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe ave me nuwɔwɔwo wɔe nenema ke. Eye Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite